1
Metsɔ ny’a-gbe na wò,
Kɔ nye ʋu xɔasi ɖi,
Bena nàkpɔ ɖeɖe,
Ne nànyɔ tso ku me;
Metsɔ ny’a-gbe na wò:
Nu ka wòa nètsɔ nam?

2
Medze agbagba ʋuu
Le ɖeɖiteame me,
Bena wò hã nànya
Agbe mavɔ dzidzɔa;
Medze agbagba ʋuu:
Wò la nu ka nèwɔ?

3
Fofo ƒe keliƒe
Kple nye ŋutikɔkɔe
Metsɔ ɖɔ li ‘nyigba
Kple eƒe nublanui
Megblẽe ɖi ɖe tawò;
Ègble ɖe le tanyea?

4
Mekpe hiã le tawò,
Wu wò gbɔgblɔ̃ gɔ̃ hã,
Le kudɔƒoƒo me,
Be wòa nàxɔ agbe;
Mekpe hiã le tawò:
Nu ka wòa nàkpe nam?

5
Mehe xɔxɔ la vɛ
Na wò kple xexeame,
Tsɔtsɔkɛ kple agbe,
Lɔlɔ̃ kple ŋuifafa;
Nu gãwo mena wò:
Nu ka wòa nètsɔ nam?

6
O, tsɔ wò agbe nam,
Dz’a-gbagba ɖe tanye;
Gble xexe la me ɖi,
Nɔ te lé fu me hã;
Nàtsɔ ɖokuiwò nam,