1
Lɔlɔ̃ mavɔ la ƒe ŋusẽ
Wɔ dɔ gã le nye dzi me.
Medze si Mawu ƒe nyonyo,
Eya ta mada ‘kpe nɛ.
Dzidzɔ, ɛ̃, dzidzɔ ko makpɔ,
Si xexeame menya o;
Akpedada sɔŋ ko anye
Nye agbemedɔ gã la.
2
Lɔlɔ̃ mavɔ la ƒe ŋusẽ
Klɔ ŋutinye keŋ azɔ,
Eɖe nu vɔ̃ ƒe fiƒode,
Si le dzinye la, ɖa keŋ.
Dzidzɔ, ɛ̃, dzidzɔ ko makpɔ,
Mawu wɔ nu gã ‘ɖe nam!
Akpedada sɔŋ ko anye
Nye agbemedɔ gã la.
3
Lɔlɔ̃ mavɔ la ƒe ŋusẽ
Ɖo dɔ nyuia-ɖe nam azɔ
Ebe mazu ɖasefo na
Nyanyui la le xexeame
Dzidzɔ, ɛ̃, dzidzɔ ko makpɔ;
Mekpɔ mɔ, maɖe gbeƒã
Nu gã, si Mawu wɔ nam la,
Hena xexeame katã.
4
Mlɔeba la lɔlɔ̃ mavɔ sia
Axɔm ɖe eɖokui gbɔ,
Atsɔ dziɖuɖukuku la
Aɖo atsyɔ̃ na nye ta.
Dzidzɔ, ɛ̃, dzidzɔ ko makpɔ
Le dziƒofiaɖuƒe me;
Akpe sɔŋ ko da ge mala
Yi ɖase ɖe mavɔ me!